Dina Grunitzky (ƒe 1903–1963) nye Togo dukplɔla gbãtɔ Sylvanus Olympio srɔ̃. Enye Togo Dukɔa ƒe aƒenɔ gbãtɔ srɔ̃ tso April 15, 1961 va ɖo January 13, 1963.[1]
Wodzi Grunitzky le ƒe 1903 me.[2] Fofoa nye Harry Grunitzky, Germanytɔ asrafomegã si dzɔ tso Poland kple Hodjinga si nye Anlo Ewe si tso Keta. Enye Felix nɔvinyɔnu, amesi wòtsi wu ƒe 2 eye nɔviaŋutsu si nye dadaa ƒe viŋutsue nye Nicholas Grunitzky, amesi nye Togo dukplɔla kple Republic of Togo ƒe dukplɔla evelia.[1]
Le December 1930 me, (le nyatakakatsoƒe bubuwo ƒe nya nu la, 1931[3]), eɖe Sylvanus Olympio. Vi atɔ̃ nɔ atsu kple asi sia si; Kwassi Bonito Herbert si ku le 25 Afɔfiɛ 1994, Ablavi Rosita, Kwami Gilchrist Sylvanus Olympio, Ayaba Sylvana kple Kodzo Elpidio Fernando.[4][5]