Do nugododeƒe or afɔdzidedo nye nugodo deƒe aɖe si lɔa amemi ɖe do si woɖe ɖe anyigba la. Mezana tsi o loo alo liter de etɔ ko atsɔ tutu mi la woadzo to ekɔkɔ ɖe miadzi me.[2] Ne wotui nyuie eye wole be nɛ ha nyuie la woateŋu aɖe dɔlekuiwomama dzi kpɔtɔ to afɔdzi si le anyi gbadzaa la to nugodo dede ɖe anyi gbadzaa me.[3][4] Esia ɖea dɔlekuiwo mama le nugodo kple nuɖuɖu tso nudzodzuiwo gbɔ kpɔtɔna.[3] Dɔlekui siawo koŋ nana afɔdzidededɔ si mana bɔbɔe kple ŋɔviwo le dɔkaviwo me dɔ.[4] Afɔdzidededɔ si mana bɔbɔe la hea ku vɛ na ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ o la si de million 0.7 le ƒe 2011 eye wobu million 250 suku ŋkekewo.[4][5] Do nugododeƒewo nye mɔnu si dzi woato ama mi tso amewo gbɔ.[3]
Akpa etɔe le afɔdzido ŋu: do ɖeɖe ɖe anyigba, do vi ɖeɖe ɖe anyigba gota, kple xɔ.[2] Edoa yi tome abe meter 3  (afɔ 10 ) eye wokeke abe m 1 (afɔ 3.2 ).[2] World Health Organization ɖoe be woatui ɖe afisi eƒe didime tso aƒeme gbɔ anɔ bɔbɔe na egbɔ yiyi eye eƒe ʋeʋe ha manye tukaɖa o.[3] Ele be eƒe tete ɖe tometsi kple gotatsi na didi vie be mahe pollution ve o. Mele be edo si woɖe ɖe atia nawu centimeter 25 (inche 9.8 ) be ɖeviwo mage dze eme o. Kekle megaɖo eme o be nudzodzoewo makpɔ mɔ age ɖe eme o. Ahia be woatu doa ne wome le ezam o.[3] Ne edoa yɔ abe meter 0.5 (afɔ 1.6), ele be woalɔe alo woatu yeye woaɖe xɔa ɖa alo woagbugbɔ tui ɖe teƒe yeyea.[6] Belele na fecal sludge si woɖe tso doa me nyea nusese. Ne womewɔe nyuie o la, ehea yame kple lamese tukaɖa va nɛ.
Woateŋu tu afɔdzido ɖe dzi le mɔ geɖewo me. Ɖekae nye woana mɔ ya ƒe dodo le eme va gota. Esia hea ya ƒe dodo ɖe dzi eye woɖea eƒe ʋeʋe dzi kpɔtɔ na. Egahea nudzodzoewo ɖa ne woxe eta kple mesh (zigeɖe wowɔe kple fiberglass). Afɔdzisiawo ƒomevi mehia be woatu doa le gota o.[6] Tutuɖedzi mɔnu bubuwoe nye woatui be aɖuɖɔ atsa yiɖe doa me eye woatu gota godzi woase kple ekpe alo cement kpeviwo be woanɔ te sesie.[2][6]
Vaseɖe ƒe 2013 me la, ame million 1.77 za na afɔdzido.[7] Esia bɔ wu le dukɔ siwo le tsitsim kple le kɔƒe kpakple gbedada teƒewo. Le ƒe 2011 me la, nugododeƒe nyuie me le ame million 2.5 billion si o eye billion ɖeka denɛ ɖe nugodo dede ɖe anyi gbadzaa woƒe gotanɔƒewo.[8] Asia ƒe nyiehe kple Sub-Sahara ƒe Africa woe si nugododeƒe nyuie me li o.[8] Le dukɔmayiŋgɔ me la, afɔdzido tutu xɔ asi abe USD 25 kple 60.[9] Belele nɛ edziedzi axɔ abe USD 1.5 kple 4 na ame ɖeka le ƒe ɖeka me; esi amewomenya o.[10] Le kɔƒe du aɖewo India me la, woɖo "Ne Nugododeƒe Meli o la, Maɖe Nyɔnu o" ɖoɖowo anyi be woatsɔ he afɔdzitutu ɖe dzi to nyɔnuwo ƒe gbegbe be yewomaɖe ŋtsu si si afɔdzi me li o.[11][12]
|url=
scheme (help). Development Impact. Blog of World Bank. Retrieved 17 November 2014.